John 18:39-40

39Azɔ kɔnu aɖe le mia si si mewɔna na mi ƒe sia ƒe le Ŋutitotoŋkeke la dzi, eyae nye be maɖe asi le ame siwo le gaxɔ me la dometɔ si mielɔ̃ la ŋu na mi. Eya ta ne enye miaƒe didi la, maɖe asi le ‘Yudatɔwo ƒe fia’ la ŋu na mi.”

40Ke ameawo ƒe mo nyra eye wodo ɣli sesĩe be, “Gbeɖe! Mègaɖe asi le ame sia ŋu o, ke boŋ ɖe asi le Baraba ŋu na mi!” Baraba siae nye adzodala aɖe si wode gaxɔ me.

John 19:1-16

1Azɔ Pilato na woƒo Yesu kple atam vevie. 2Asrafowo wɔ ŋukuku ɖɔ nɛ eye wodo awu dzĩ nɛ. 3Woɖu fewu le eŋu, eye wodo gbe nɛ fewuɖutɔe be, “Miedo gbe na wò Yudatɔwo ƒe Fia.” Eye ne wole esia wɔm la, woƒoa tome nɛ.

4Pilato gado go va xexe eye wògblɔ na Yudatɔwo be, “Mele ekplɔ ge ado goe na mi, gake minyae bena nyemekpɔ fɔɖiɖi aɖeke le eŋu o.”

5Ale wokplɔ Yesu do goe. Wodo awu dzĩ nɛ, tsɔ ŋukuku ɖɔ nɛ. Pilato gblɔ na wo bena “Miaƒe ame lae nye esi.”

6Esi Yudatɔwo kple woƒe Osɔfogãwo kpɔ Yesu ko la, woƒe dzi fla eye wodo ɣli sesĩe bena, “Klãe ɖe ati ŋuti! Klãe ɖe ati ŋuti!” Pilato ɖo eŋu na wo bena, “Miawo ŋutɔ miyi miaklãe ɖe atia ŋu, nye la, nyemekpɔ fɔɖiɖi aɖeke le eŋuti o.”

7Woɖo eŋu nɛ bena, “Le miaƒe se nu la ele nɛ be wòaku elabena etsɔ eɖokui wɔ Mawu ƒe Vii.”

8Esi Pilato se nya siawo la vɔvɔ̃ ɖoe wu tsã 9eya ta egakplɔ Yesu yi fiasã le mee eye wobiae be, “Kpɔ ɖa afi kae nètso?” Gake Yesu meɖo nya la ŋu nɛ o.

10Pilato gabiae bena, “Mèle nya ŋu ɖo ge nam oa? Mènyae be ŋusẽ le asinye be maɖe asi le ŋuwò alo be mana woaklã wò ɖe ati ŋu oa?”

11Yesu gblɔ nɛ bena, “Wò la, màte ŋu akpɔ ŋusẽ aɖeke ɖe dzinye nenye be womena wò tso dziƒo o. Eya ta ame siwo kplɔm vɛ na wò la, woƒe nu vɔ̃ sɔ gbɔ wu tɔwò.”

12Esi wògblɔ nya siawo vɔ la, Pilato di vevie ŋutɔ be yeaɖe asi le eŋu, gake Yudatɔwo ƒe Osɔfowo gblɔ nɛ bena, “Ne èkatse ɖe asi le ame sia ŋu la, ekema mènye Kaisaro xɔlɔ̃ o. Ame sia ame si tsɔ eɖokui wɔ fiae la, tsi tre ɖe Kaisaro ŋu.”

13Esi Pilato se nya siawo la ekplɔ Yesu gado goe tsɔ va wo gbɔe eye wòyi ɖanɔ anyi ɖe eƒe ʋɔnudrɔ̃zikpui la dzi. Woda ʋɔnudrɔ̃zikpui sia ɖe kpe gbadza aɖe dzi, woyɔa teƒe si woda kpe gbadza sia ɖo le Hebrigbe me be, “Gabata”. 14Ŋkeke si dzi wole nu siawo wɔm la nye dzadzraɖoŋkeke na Ŋutitotoŋkekenyui la. Eye esi ŋdɔ me ɖo la, Pilato gblɔ na Yudatɔwo bena, “Mikpɔ ɖa, miaƒe Fia lae nye esi!”

15Wo katã wodo ɣli sesĩe be, “Mikplɔe dzoe, mikplɔe dzoe ne miaklãe ɖe ati ŋuti!”

16Ale Pilato tsɔ Yesu de asi na wo be woayi aɖaklãe ɖe ati ŋuti.

Copyright information for EweBEE